Matthew 28

Yesu ƒe tsitretsitsi

(Marko 16:1-8; Luka 24:1-12; Yohanes 20:1-10)

1Le Kwasiɖagbe ƒe fɔŋli me la, Maria Magdalatɔ kple Maria evelia woyi ɖe yɔdo la to. 2Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe; elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi. 3Mawudɔla la ƒe mo le keklẽm abe dzikedzo ene eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene. 4Esi dzɔlawo kpɔe la, dzidzi ƒo wo eye womu dze anyi heku ƒenyi. 5Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋu la dim miele 6gake mele afi sia o. Elabena etsi tre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔe la ɖa. 7Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be, etsi tre tso ame kukuwo dome eye woyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.”

8Nyɔnuawo si du dzo le yɔdoa to kple vɔvɔ̃ kple dzidzɔ. Esi wole dua dzi yina ɖe nusrɔ̃lawo di ge la, 9Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “Ŋdi na mi” eye wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi eye wosubɔe.

10Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze mɔ enumake ayi ɖe Galilea eye woado gom le afi ma.”

Asrafoawo na nutsotso

11Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdoa ŋu dzɔm le ƒe ɖewo va Osɔfogãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo. 12Esi Osɔfogãwo kpe ta kple dumemegãwo la wode aɖaŋu eye wotsɔ ga home gã aɖe na asrafoawo bena; 13“Migblɔ be, ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va zã me eye wofi eƒe kukua dzoe esi míenɔ alɔ̃ dɔm.’”

14Takpekpe la do ŋugbe be, “Nenye be gɔvina la se nya sia la, miatsi tre aʋli mia ta eye nu sia nu ayi dzi nyuie.”

15Ale asrafoawo xɔ ga la eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.

Dɔdeasi gã la

(Marko 16:14-18; Luka 24:36-49; Yohanes 20:19-23)

16Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yeado go wo le la dzi. 17Afi sia wokpee le hesubɔe, ke wo dometɔ aɖewo meka ɖe edzi be Yesu ŋutɔ nye ema o.

18Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam. 19Eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me 20Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi; eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣesiaɣi be, meli kpli mi ɣesiaɣi va se ɖe xexeame ƒe nuwuwu.”

Copyright information for EweBEE